Revelation of John 19

Dziƒonɔlawo dzi Haleluya

1Le esia megbe la, mese nane si ɖi abe ameha gã aɖee le ɣli dom le dziƒo ene be “Haleluya! Ɖeɖe kple ŋutikɔkɔe kpakple ŋusẽ nye míaƒe Mawu la tɔ, 2elabena eƒe ʋɔnudɔdrɔ̃wo nye nyateƒe eye wole dzɔdzɔe. Ebu fɔ gbolo gã la, ame si do gu anyigba to eƒe ahasiwɔwɔwo me. Ebia hlɔ̃ ɖe eƒe dɔlawo ƒe ʋu ta.”

3Wogado ɣli ake be, “Haleluya! Eƒe dzotɔtɔ ƒe dzudzɔ le tutum le dzime yim tso mavɔ me yi mavɔ me.”

4Amegãxoxo blaeve-vɔ-eneawo kple nugbagbe eneawo tsyɔ mo anyi eye wosubɔ Mawu, ame si nɔ anyi ɖe fiazikpui la dzi. Wodo ɣli be, “Amen, Haleluya!”

5Tete gbe aɖe ɖi tso fiazikpui la gbɔ le gbɔgblɔm bena, “Mikafu míaƒe Mawu la, mi eƒe dɔlawo katã, mi ame siwo vɔ̃nɛ, ame gblɔewo kple ame deŋgɔwo siaa!”

6Tete mese nu si ɖi abe ameha gã aɖe ƒe gbe, abe tsi geɖewo ƒe sisi ƒe howɔwɔ alo dzi ƒe gbeɖeɖe sesẽ aɖe ene be, “Haleluya! Elabena míaƒe Aƒetɔ, Mawu, Ŋusẽkatãtɔ lae le dzi ɖum. 7Mina míadzɔ dzi, atso aseye eye míatsɔ ŋutikɔkɔe nɛ! Elabena Alẽvi la ƒe srɔ̃ɖeŋkekenyui la ɖo eye eƒe ŋugbetɔ la dzra eɖokui ɖo le klalo. 8Wotsɔ aklala biɖibiɖi ƒe awu si le dzo dam eye eŋuti kɔ la nɛ be wòado.” Aklala biɖibiɖi nye dzɔdzɔenyenye ƒe dɔ siwo amekɔkɔeawo wɔ la ƒe dzesi.

9Tete mawudɔla la gblɔ nam be, “Ŋlɔ be, ‘Woayra ame siwo wokpe va Alẽvi la ƒe srɔ̃ɖeɖe ƒe fiẽnuɖuƒe!’” Egblɔ kpe ɖe eŋu be, “Esiawoe nye Mawu ƒe nya vavãwo.” 10Esi wògblɔ esiawo vɔ la medze anyi ɖe eƒe afɔnu be masubɔe. Gake egblɔ nam be, “Mègawɔe o! Nye hã menye dɔla abe wò ke ene. Kpe ɖe nɔviwò siwo lé Yesu ƒe ɖaseɖiɖime ɖe asi la ŋuti. Eya ta subɔ Mawu! Elabena Yesu ƒe ɖaseɖiɖi nye nyagblɔɖi ƒe gbɔgbɔ.”

Sɔ ɣi dola la

11Mekpɔ dziƒo nu la ʋuʋu ɖi eye ame aɖe si le sɔ ɣi aɖe dzi la le nye ŋkume. Sɔdola la ƒe ŋkɔe nye Nuteƒewɔla kple Nyateƒetɔ. Edrɔ̃a ʋɔnu eye wòwɔa aʋa le dzɔdzɔenyenye me. 12Eƒe ŋkuwo le abe dzokaxɔxɔwo ene eye fiakuku geɖewo nɔ eƒe ta. Woŋlɔ ŋkɔ aɖe ɖe eŋuti esi ame aɖeke menya o, negbe eya ŋutɔ ko. 13Edo awuʋlaya si wonyrɔ ɖe ʋu me eye eƒe ŋkɔe nye Mawu ƒe nya. 14Dziƒoʋakɔwo nɔ eyome. Wonɔ sɔ ɣiwo dom eye wodo awu siwo wotɔ kple aklala biɖibiɖi, wofu tititi eye wo ŋuti kɔ. 15Yi ɖaɖɛ aɖe do tso eƒe nume esi wòatsɔ adza dukɔwo aƒo ɖii, aɖu wo dzi kple gatikplɔ. Efia wain le wainfiaƒe kple Mawu ŋusẽkatãtɔ la ƒe dziku helihelĩ. 16Woŋlɔ ŋkɔ sia ɖe eƒe awuʋlaya kple eƒe ata ŋu be,

FIAWO DZI FIA KPLE AƑETƆWO DZI AƑETƆ.
17Mekpɔ mawudɔla aɖe le tsitre ɖe ŋdɔgbe, ame si do ɣli kple gbe sesẽ na xevi siwo katã le dzodzom le yame be, “Miva, miƒo ƒu hena Mawu ƒe fiẽnuɖuɖu ƒe kplɔ̃ɖoɖo gã la, 18ale be miaɖu fiawo, aʋafiawo, kalẽtɔwo, sɔwo kple wo dolawo kpakple amewo katã ƒe lã, ablɔɖeviwo kple kluviwo, ame gblɔewo kple ame deŋgɔwo siaa.”

19Tete mekpɔ lã wɔadã la kple anyigbadzifiawo kpakple woƒe aʋakɔwo, woƒo ƒu hena awawɔwɔ kple ame si le sɔ ɣi la dzi kpakple eƒe aʋakɔ. 20Ke wolé lã wɔadã la kple aʋatsonyagblɔɖila la ame si wɔ nukunu geɖewo le eƒe ŋkɔ me. Etsɔ dzesi siawo ble ame siwo xɔ lã wɔadã la ƒe dzesi, ame siwo hã subɔ eƒe legba la. Wotsɔ wo kple eve la katã ƒu gbe ɖe aŋɔdzota si le bibim la me agbagbee. 21Wowu wo dometɔ mamlɛawo kple yi si do go tso sɔdola la ƒe nume eye dziƒoxeviwo va ɖu woƒe lã eye woɖi ƒo.

Copyright information for EweBEE